시편 150

호흡이 있는 자마다 여호와를 찬양할지어다

Miakafu Yehowa. Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me. Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me. 2Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta. Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta. 3Mitsɔ kpẽkuku kafui. Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui.

4Mikafui kple asiʋui kple ɣeɖuɖu. Mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kple dzekuku. 5Mikafui kple ayawagba eve siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii. Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve siwo ƒe gbe ɖina sesĩe. 6Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa. Mikafu Yehowa!

복사됨!
Aa